1 Corinthians 11

Ɖoɖo na nyɔnuwo le Kristo hamea me

1Mito nye afɔtoƒe abe ale si nye hã mezɔa Kristo ƒe afɔtoƒe ene. 2Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, enye dzidzɔ nam be mielé nu siwo katã mefia mi la me ɖe asi sesĩe, eye miele wɔwɔm ɖe wo dzi pɛpɛpɛ. Miedze na kafukafu! 3Ke medi be maɖo ŋku nu ɖeka aɖe dzi na mi; eyae nye be srɔ̃nyɔnu ɖe sia ɖe ƒe tatɔ enye srɔ̃ŋutsu eye srɔ̃ŋutsu hã ƒe tatɔ enye Kristo eye Mawu hã nye tatɔ na Kristo. 4Esia tae menyo be ŋutsu natsyɔ avɔ ta alo aɖɔ kuku ne wòle gbe dom ɖa alo le mawunya gblɔm o elabena nuwɔna sia medea bubu eƒe tatɔ Kristo ŋu o. 5Nenema ke ne nyɔnu aɖe metsyɔ avɔ ta hafi le gbe dom ɖa alo le nya gblɔm ɖi le amewo dome o la, ekema edo ŋukpe gã aɖe srɔ̃a, elabena efia be mebɔbɔ eɖokui na srɔ̃a o. 6Ne nyɔnu gbe be yematsyɔ avɔ ta o la ekema neko ta boŋ. Ke esi wònye ŋukpe be nyɔnu nako ta la, ele be wòatsyɔ avɔ eƒe ta boŋ. 7Mehiã be ŋutsu ya natsyɔ nu ta alo aɖɔ kuku o elabena esia nye eɖokui dada ɖe anyi.

Ŋutsue nye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe elabena Mawu ŋutɔ ƒe nɔnɔme wòwɔe ɖo, eye nyɔnu hã nye ŋutsu ƒe ŋutikɔkɔe.
8Ŋutsu gbãtɔ si Mawu wɔ ɖe xexeame la medo go tso nyɔnu me o ke boŋ nyɔnue do go tso ŋutsua me. 9Hekpe ɖe esia ŋuti la Mawu mewɔ Adam na Eva o ke boŋ Evae Mawu wɔ be wòado dzidzɔ na Adam. 10Eya ta ele be nyɔnu natsyɔ nu eƒe ta dzi abe ŋutsutenɔnɔ ƒe dzesi ene eye abe ɖaseɖiɖi na mawudɔlawo ene.

11Gake minyae nyuie be, Mawu ƒe ɖoɖoe nye be ŋutsu kple nyɔnu siaa nahiã wo nɔewo le woƒe agbenɔnɔ me. 12Elabena togbɔ be nyɔnu gbãtɔ do go tso ŋutsu me hã la, tso ɣemaɣi dzi va se ɖe fifia la nyɔnu siaa tso Mawu, woƒe Wɔla, gbɔ.

13Nu kae nye miawo ŋutɔwo ƒe susu le nya sia ŋu? Enyo be nyɔnu naɖe eƒe ta ɖi ƒuƒlu ko anɔ gbe dom ɖa le amewo domea? 14Ɖe dzɔdzɔme ŋutɔ mefia mi be enye ŋukpe be ɖa legbe nanɔ ŋutsu ta oa? 15Ke enye bubu na nyɔnu be ɖa legbe nanɔ eta, elabena ɖa legbe li nɛ ɖe tatsyɔnu teƒe. 16Nyemedi be ame aɖeke nanɔ nya hem le nu sia ŋu fũ o, elabena nu si ko fiam míele lae nye be, ele be nyɔnu natsyɔ avɔ ta ne wòle gbe dom ɖa alo le nya gblɔm ɖi le amewo dome. Hame bubuawo katã lɔ̃ ɖe ɖoɖo sia dzi.

Ɖoɖo le Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe ŋu

17Nu ɖeka hã gali si ŋu medi be maƒo nu le, elabena nyemelɔ̃ ɖe ale si nuwo le edzi yim la dzi kura o. Edze abe ne mieƒo ƒu be yewoaɖu Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la, masɔmasɔ gã aɖe nɔa mia dome ene. 18Mese be nyahehe vivivo, dzrewɔwɔ kple mama ɖe ha kukluiwo me sɔŋ koe nye nu si dzɔna. Mexɔe se hã be nu siawo le eme vavã. 19Ẽ, esia doa dzidzɔ na mi ame siwo buna be yewonya nu wu ame bubuwo elabena to esia me miegakɔa mia ɖokuiwo ɖe dzi eye amewo fɔa ŋku ɖe mia dzi. 20Azɔ ne mieva ƒo ƒu ɖe afi ɖeka hele nu ɖum la, menye Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la ɖuɖue nye ema o. 21Mese be nu si dzɔna enye be, ne miesɔ be yewoaɖu nu la, ame aɖewo mekpɔa naneke tsɔna vanae o. Ame aɖewo ya tsɔa nu geɖewo vanae. Ame siawo ɖua nu siwo woawo ŋutɔ tsɔ vɛ la katã eye wonoa aha muna. Evɔ la, ame aɖewo ya nɔa dɔmeɣi. 22Nu ka! Enye nyateƒe be nu siawo le edzi yim le mia domea? Miate ŋu aɖu nu alo ano aha le aƒeme oa? Ɖe wòle be miado ŋukpe hamea eye miaɖi gbɔ̃ ame siwo si naneke mele oa? Esi miele esia wɔm la, ɖe miedi be makafu yewoa? Gbeɖe, nyemakafu mi akpɔ o.

23Elabena megblɔ nu si tututu Aƒetɔ la ŋutɔ gblɔ le Nuɖuɖu Kɔkɔe ŋu la na mi xoxo, eye eyae nye be: Le zã si me Yuda dee asi la, Aƒetɔ Yesu tsɔ abolo ɖe asi 24eye esi wòdo gbe ɖa heda akpe na Mawu ɖe eta vɔ la, eŋe eme eye wòtsɔe na eƒe nusrɔ̃lawo hegblɔ na wo bena, “Mixɔe ɖu, esiae nye nye ŋutilã si wotsɔ na ɖe mia ta. Miwɔ esia ne miatsɔ aɖo ŋku dzinye.” 25Nenema ke esime woɖu nua vɔ hã la etsɔ wainkplu la eye wògblɔ be, “Kplu siae nye Mawu kple amegbetɔwo ƒe nubabla yeye le nye ʋu me, ɣesiaɣi si mianoe la, miatsɔe aɖo ŋku dzinye.” 26Elabena ɣesiaɣi si miaɖu abolo sia, eye miano wain sia la, ekema miele gbeƒã ɖem Aƒetɔ la ƒe ku. Minɔ esia dzi va se ɖe esime wòagatrɔ ava.

27Eya ta ne ame aɖe aɖu abolo sia eye wòano nu le Aƒetɔ la ƒe kplu sia nu madzemadze la, ekema awɔ nu vɔ̃ ɖe Aƒetɔ ƒe ŋutilã kple ʋu la ŋu. 28Eya ta ele vevie be ame nadzro eɖokui me akpɔ nyuie hafi aɖu abolo sia eye wòano nu le Aƒetɔ ƒe kplua nu. 29Elabena ne ame aɖe katse ɖu abolo sia eye wòno nu le kplu sia nu, le esime mese wɔna sia ƒe vevinyenye gɔme tututu o la, ekema ele Mawu ƒe dziku kple ʋɔnudɔdrɔ̃ hem va eɖokui dzi, elabena mebu Kristo ƒe ku la ɖe naneke me kura o. 30Esiae na be mia dometɔ geɖewo gbɔdzɔ le ŋutilã me, ɖewo le dɔ lém eye ɖewo ku gɔ̃ hã.

31Ne miedzro mia ɖokuiwo me kpɔ nyuie hafi ɖu Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔea la, ekema ʋɔnudɔdrɔ̃ alo tohehe aɖeke meli na mi o. 32Ke ne Mawu drɔ̃ ʋɔnu mi eye wòhe to na mi la, ɖe wòwɔe be womagabu fɔ mi abe xexeametɔ mamlɛawo ene o. 33Eya ta nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, ne mieva be yewoa ɖu Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔea la, milala va se ɖe esime ame sia ame va ƒo ƒu hafi miadze egɔme. 34Ne dɔ le ame aɖe wum vevie la ekema neɖu nu le aƒeme kpoo, ale be eƒe nuwɔna magahe tohehe va edzii o. Nɔviwo, ne meva ɖo mia gbɔ hã míalé nya mamlɛawo akpɔ.

Copyright information for EweBEE